Luke 7

Yesu da gbe le Roma srafowo ƒe amegã ɖe ƒe subɔla ŋu

(Mateo 8:5-13; Yohanes 4:43-54)

1Esi Yesu wu eƒe mawunyagbɔgblɔ la nu la etrɔ yi Kapernaum dua me.

2Romatɔwo ƒe aʋafia gã si nɔ du ma me la ƒe dɔla si gbɔ melɔ̃a nu lena o la dze dɔ vevie, eye wòɖo kudo nu. 3Aʋafia la se Yesu ŋkɔ eya ta edɔ Yudatɔ ame ŋkuta aɖewo ɖe egbɔ be woaɖe kuku nɛ be wòava da gbe le dɔla sia ŋu na ye. 4Ameawo yi Yesu gbɔ heɖe kuku nɛ vevie be wòava kpe ɖe aʋafia la ŋu. Wona wònya be aʋafia sia nye ame nyui aɖe ŋutɔ. 5Wogblɔ na Yesu be, “Nenye be wòhiã be nàkpe ɖe ame aɖe ŋu la, ŋutsu sia ŋue wòle be nàkpe ɖo, elabena elɔ̃a mi Yudatɔwo ale gbegbe be eya ŋutɔ tsɔ eƒe ga tsɔ tu ƒuƒoƒe na mí.”

6Yesu tso kpla kplɔ woɖo. Gake hafi wòaɖo aƒea me la, aʋafia la dɔ exɔlɔ̃ aɖewo ɖa be woagblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, mègaɖe fu na ɖokuiwò be nàva nye aƒe me o, elabena nye medze na bubu sia tɔgbi o. 7Eye nye medze be mava kpe wò ŋutɔ gɔ̃ hã o. Gblɔ nya si wòle be nàgblɔ la ɖo ɖa tso afi si nèle ekema nye dɔla ƒe lãme asẽ. 8Elabena nye ŋutɔ hã ame aɖe tee mele eye amewo hã le tenye, meɖea gbe na tenyeviwo be, ‘miyi afii’ eye woyina, ‘miva afii’ eye wovana, megblɔna na nye dɔla be ‘wɔ esi kple ekemɛ’, eye wòwɔnɛ.”

9Nya siwo wɔ nuku na Yesu ŋutɔ. Etrɔ ɖe ameha la ŋu gblɔ be, “Nyateƒe, le Israel katã la nyemekpɔ ame aɖeke si si xɔse le abe ame sia tɔ ene kpɔ o.”

10Esi aʋafia la xɔlɔ̃wo yi aƒeme la, wokpɔ dɔla si nɔ lém la wòhaya eye eƒe lãme sẽ abe tsã ene.

Yesu gbɔ agbe ahosi aɖe ƒe viŋutsu le Nain

11Le esia megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo yi du aɖe si woyɔna be Nain la me, eye abe ale si wònɔna ɖaa ene la, ameha gã aɖe gakplɔe ɖo henɔ eŋu kplikplikpli. 12Esi wòsusɔ vie woaɖo dua ƒe agbo nu la, wokpɔ ame aɖewo woyina ameɖiƒe. Ɖekakpui si ku woyina ɖiɖi ge la enye vi ɖeka hɔ̃ si nɔ dadaa si nye ahosi la si. Esia wɔe be ame geɖewo ŋutɔ kplɔ ahosia ɖo henɔ konyi fam kplii.

13Esi Aƒetɔ la kpɔ ahosia la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ eya ta egblɔ nɛ be, “Mègafa avi o!” 14Yesu te ɖe amekukuɖaka la ŋu eye wotɔ asii enumake ame siwo tsɔ aɖaka la tɔ ɖe tsitre. Azɔ egblɔ na amekukua be, “Ɖekakpui, Tsi tre.”

15Enumake ɖekakpui la fɔ henɔ alinu eye wòde asi nuƒoƒo me na ame siwo nɔ egbɔ la; ale Yesu kplɔe de asi na dadaa.

16Vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ameawo eye wodo ɣli kafu Mawu gblɔ be, “Nyagblɔɖila gã aɖe le mia dome vavã. Míekpɔ Mawu ŋutɔ ƒe asi wòwɔ dɔ le egbe ŋkeke sia dzi.”

17Nukunu si Yesu wɔ gbe ma gbe la kaka ɖe Yudea bliboa kata kple nuto siwo ƒo xlã Yudea la me.

Yohanes Mawutsidetanamela dɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖe Yesu gbɔ

(Mateo 11:2-19)

18Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo se nu siwo katã wɔm Yesu nɔ eye woyi ɖagblɔe na Yohanes. 19Ale Yohanes dɔ eƒe nusrɔ̃la eve ɖo ɖe Yesu gbɔ be woabiae be, “Wòe nye Mesia la vavã loo alo míganɔ mɔ kpɔm na ame bubua?”

20Esi nusrɔ̃la eveawo va egbɔ la, wogblɔ nɛ be, “Yohanes, Mawutsidetanamelae dɔ mi ɖo ɖe gbɔwò be miabia wo be, ‘Wòe nye ame si gbɔna loo, alo ɖe míakpɔ mɔ na ame bubu aɖea?’”

21Le gaƒoƒo ma tutu dzi la eda gbe le dɔléla geɖewo kple fukpelawo kpakple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ŋu, eye wòʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ geɖewo. 22Eya ta eɖo ŋu na amedɔdɔawo be, “Miheyi ɖagblɔ nu si miekpɔ kple nu si miese la fia Yohanes bena, Ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyui la gblɔm na ame dahewo. 23Migblɔ kpe ɖe eŋu nɛ be, ‘Ame siwo xɔ dzinye se la, woayra wo.’”

24Le amedɔdɔwo ƒe dzodzo vɔ megbe la, Yesu ƒo nu na ameha la le Yohanes ŋuti. Ebia wo be, “Ame kae nye ame si mieyi ɖakpɔ le Yuda gbegbe? Ɖe miekpɔe abe ame aɖe si yaƒoƒo vitɔ kekeake hã ʋuʋuna sesĩe. 25Ne menye nenema o la, ekema nu kae mieyi ɖakpɔ? Ame si do awu nyuiwoe? Ao, ame siwo doa awu xɔasiwo eye wonɔa agbe kɔkɔ la, fiasãwo mee wokpɔ wo lena. 26Ekema ame ka ƒomevi tutue mieyi be yewoakpɔ? Nyagblɔɖilaa? Vavã miekpɔe! Le nyateƒe me la, ame si miekpɔ la wu nyagblɔɖila gɔ̃ hã. 27Eyae nye ame si ŋu woƒo nu tsoe le mawunya me be, ‘Mikpɔ ɖa! Mele nye dɔla dɔ ge ɖa wòava do ŋgɔ na wò, ata mɔ le ŋgɔwò.’ 28Ame aɖeke mede ŋgɔ wu Yohanes le amegbetɔwo dome o, gake ame si nye sue tɔ wu le mawufiaɖuƒea me la de ŋgɔ wui.”

29Ame siwo katã se Yohanes ƒe mawunyagbɔgblɔ kpɔ dometɔ aɖewo siwo nye ame baɖawo kekeake la kpɔ ŋudzedze le Mawu ƒe ɖoɖowo ŋu eye wona Yohanes de mawutsi ta na wo. 30Farisitɔwo kple agbalẽfialawo koe gbe be yewomaxɔ ɖoɖo si Mawu wɔ na yewo la o. Ale wogbe be Yohanes made mawutsi ta na yewo o.

31Azɔ Yesu bia wo be, “ale ke magblɔ tso dzidzime sia tɔgbi ŋu? Nu ka ŋu matsɔ wo asɔ ɖo? 32Wole abe ɖevi siwo ƒo ƒu ɖe asime nɔ fefem la ene. Ame siwo gblɔ na wo nɔewo be, ‘Míeku dzidzɔha na mi ke mieɖu ɣe o eye míedzi konyifahawo na mi ke miefa avi hã o.’ 33Yohanes Mawutsidetanamela tsia nu dɔna, eye menoa wain o, ke miegblɔ be, ‘Ame sia dze aɖaʋa.’ 34Amegbetɔvi la va eɖua nu eye wonoa nu, ke miegblɔ bena, ‘Ame sia la nutsuɖula kple ahatsunolae eye wonye nudzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo ƒe xɔlɔ̃.’ 35Miebuna be miaƒe nuwɔnawo dze, ke Mawu ƒe nuwɔnawoe nye nyateƒe le ame siwo xɔa edzi sena la gbɔ.”

Nyɔnu nu vɔ̃ wɔla aɖe si ami na Yesu

36Eva me be Farisitɔ aɖe kpe Yesu be wòava ɖu nu kple ye. Esi wonɔ kplɔ̃a ŋu la 37nyɔnu gbolowɔla aɖe si se be Yesu nɔ afi ma la yi ɖatsɔ ami ʋeʋẽ xɔasi aɖe ɖe asi. 38Ege ɖe aƒea me eye wòyi ɖadze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu eye wòfa aɖatsi kɔ ɖe eƒe afɔwo dzi va se ɖe esime afɔawo ƒo tsi nyuie. Eya megbe la, etsɔ eƒe taɖa tutu Yesu ƒe afɔwoe. Azɔ egbugbɔ afɔawo eye wòʋu nu le ame ʋeʋẽ la nu hesi na wo.

39Farisitɔ si kpe Yesu la kpɔ nu si nɔ edzi yim eye esi wòdze si ame si ƒomevi nyɔnu sia nye ta la, egblɔ le eɖokui me be, “Esia fia be Yesu menye nyagblɔɖila aɖeke o, elabena nenye be Mawue dɔe vavã la, anya ame si ƒomevi nyɔnu sia nye.”

40Yesu nya nu si bum Farisitɔ la nɔ eya ta eyɔe be, “Simɔn, nya aɖe le asinye medi be magblɔ na wò.” Simɔn gblɔ nɛ be, “Enyo, Nufiala, gblɔe mase.”

41Yesu gblɔ ŋutinya sia nɛ be, “Ŋutsu aɖe do ga sidi akpe ewo na ame aɖe eye wòdo sidi akpe ɖeka na ame bubu. 42Wo dometɔ aɖeke mete ŋu xe fea o, ale wòtsɔ ga la ke wo ame evea. Ame kae nèbu be alɔ̃ gadola sia ƒe nya gbɔ wu?”

43Simɔn ɖo eŋu be, “Mebu be ame si wòtsɔ ga home gãtɔ kee lae alɔ̃e wu.” Yesu gblɔ nɛ be, “Pɛ èɖo nyaa ŋu nyuie ŋutɔ.”

44Azɔ Yesu trɔ ɖe nyɔnua ŋu eye wògblɔ na Simɔn be, “Ekpɔ nyɔnu si dze klo ɖe afi sia? Esi meva aƒewò me la, mèna tsim be maklɔ ɖi le nye afɔwo ŋu o ke nyɔnu sia klɔ wo kple eƒe aɖatsiwo eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu woe. 45Le mía de kɔnu nu la, ne míebe míado gbe na ame aɖe la, míegbugbɔa nu nɛ. Wò la, mèwɔe nam o, gakae nyɔnu sia gbugbɔ nye afɔwo zi geɖe tso esi meva afi sia. 46Enye nudzeame be nàna amim masi ɖe ta gake mènam o, ke eya tsɔ ami xɔasi sia si ɖe nye afɔwo. 47Le esia ta la, see be, wotsɔ eƒe nu vɔ̃ geɖe siwo wòwɔ la kee, elabena elɔ̃m ŋutɔ ke ame si wòtsɔ nu vɔ̃ ʋee aɖe ko kee la, ɖea lɔlɔ̃ ʋee aɖe ko fiana.”

48Yesu gblɔ na nyɔnua azɔ be, “Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.”

49Ame siwo nɔ klpɔ̃a ŋu kplii la gblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka ƒomevie ame sia buna be yenye ale be wòle yiyim le amewo ƒe nu vɔ̃wo tsɔm le wo kem?”

50Yesu gagblɔ na nyɔnua be, “Wò xɔse ɖe wò, heyi le ŋutifafa me.”

Copyright information for EweBEE